Mark 2:13-17

Yesu yɔ Mateo

(Mateo 9:9-13; Luka 5:7-32)

13Yesu gado go yi ƒuta eye wòfia nu ameha si kplɔe ɖo la. 14Esi wòzɔ yina la eva ke ɖe Levi, Alfeo vi, ŋu wònɔ anyi ɖe dugadzɔƒe. Yesu gblɔ nɛ be, “Va dze yonyeme ne nàzu nye nusrɔ̃la.” Levi tso enumake eye wòdze Yesu yome.

15Le fiẽ la, Levi kpe Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo be woava ɖu nu le ye ƒeme. Dugadzɔlawo kple nu vɔ̃ wɔla geɖewo hã nɔ ame siwo wòkpe la dome, elabena ame siawo ƒomevi hã nɔ Yesu yome. 16Agbalẽfiala siwo tso Farisitɔwo dome la kpɔ Yesu wònɔ nu ɖum kple dugadzɔlawo kple nu vɔ̃ wɔlawo ale wobia eƒe nusrɔ̃lawo fewuɖutɔe be, “Nu ka ta miaƒe Aƒetɔ le nu ɖum kple nu vɔ̃ wɔla siawo?”

17Yesu se nya siwo gblɔm wonɔ ale wògblɔ na wo be, “Menye lãmesesẽtɔwoe hiã gbedala o ke boŋ dɔnɔwoe. Menye ame dzɔdzɔewo tae meva ɖo o ke boŋ nu vɔ̃ wɔlawo tae be maxlɔ̃ nu wo ne woadzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ.”

Copyright information for EweBEE